Matthew 26

Nugbeɖoɖo ɖe Yesu wuwu ŋuti

(Marko 14:1-2; Luka 22:1-2; Yohanes 11:45-53)

1Esi Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo le nya siawo ŋu vɔ la, egblɔ na wo hã be,

2“Abe ale si ke mienya ene la, Ŋutitotoŋkeke la adze gɔme le ŋkeke eve megbe, eye woadem asi aklãm ɖe ati ŋuti.”

3Le ɣeyiɣi ma tutu me la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple Yudea dumemegã bubuwo kpe ta ɖe Osɔfogãtɔ, Kayafa ƒeme, 4be yewoade ŋugble tso ale si woawɔ alé Yesu le bebe me awui la ŋuti. 5Ke wo katã wolɔ̃ ɖe edzi bena, “Míawɔ nu sia gake menye le Ŋutitotoŋkekea dzi o, ne menye nenema o la zi atɔ le dukɔa me.”

Amisisi na Yesu le Betania

(Marko 14:3-9; Yohanes 12:1-8)

6Azɔ Yesu yi Betania eye wòdze Simɔn anyidɔléla la ƒeme. 7Esi wonɔ nu ɖum la, nyɔnu aɖe va aƒea me kple amiʋeʋẽ xɔasi aɖe eye wòʋui tsɔ kɔ ɖe tame na Yesu.

8Esia ve dɔme na nusrɔ̃lawo ŋutɔ eye wogblɔ bena, “Nu ka ta wòle be ame natsɔ ga aƒu gbe ɖe yame alea? Enyo be wòawɔ esia? 9Ate ŋu adzra ami sia, akpɔ ga home gã aɖe atsɔ na ame dahewo ɖe.”

10Yesu nya nu si bum nusrɔ̃lawo le ale wògblɔ na wo be, “Migaɖe ɖeklemi kple nyɔnua o, elabena nu nyui wònye wòwɔ nam. 11Ame dahewo li kpli mi gbe sia gbe, ke nye la nyemanɔ mia gbɔ tegbee o. 12Esi wònye be nye ku gbɔna kpuie ta la, ekɔ amiʋeʋẽ la ɖe dzinye bena wòadzra nye ŋutilã ɖo hena ɖiɖi. 13Nyɔnu sia ƒe ŋkɔ mele bubu ge akpɔ o elabena woagblɔ nu si wòwɔ la afia le xexeame godoo afi sia afi si woagblɔ nyanyui la le ko.”

Yuda lɔ̃ be yeade Yesu asi

(Marko 14:10-11; Luka 22:3-6)

14Le nyadzɔdzɔ sia megbe la, Yuda Iskariɔt, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka yi ɖe Osɔfogãwo gbɔ 15eye wòbia bena, “Ho nenie miaxe nam nenye be mede Yesu asi na mi?” Enumake woxlẽ klosaloga blaetɔ̃ tsɔ de asi nɛ. 16Tso gbe ma gbe dzi ko Yuda de asi mɔ si dzi wòato ade Yesu asi na Osɔfogãwo la didi me.

Yesu ɖu ŋutitotolẽvi la kple eƒe nusrɔ̃lawo

(Marko 14:12-21; Luka 22:7-14, 21-23; Yohanes 13:21-30)

17Le ŋkeke gbãtɔ si do ŋgɔ na abolo maʋamaʋã ɖuɖu ƒe ŋkekea dzi la, nusrɔ̃lawo te ɖe Yesu ŋu eye wobiae be, “Afi kae míele ŋutitotoŋkekenyui la ɖu ge le?”

18Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ne miege ɖe dua me teti ko la, miado go ŋutsu aɖe, mi gblɔ nɛ bena, ‘Míaƒe Nufiala ɖo mí ɖe gbɔwò be míagblɔ na wò be, yeƒe ɣeyiɣi la ɖo azɔ eya ta ye kple yeƒe nusrɔ̃lawo yewoava dze gbɔwò aɖu ŋutitotoŋkekenyui la.’” 19Nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ eye wodzra ɖo na ŋkekea ɖuɖu le afi ma.

20Le fiẽ me la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ kplɔ̃ ŋu eye woɖu nu. 21Ke esi wonɔ nua ɖum la, Yesu gblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖeka adem asi be woawu.”

22Nya sia ɖi ɖe nusrɔ̃lawo ŋutɔ ale wolé blanui. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsi dzodzodzoe eye wobiae be, “Aƒetɔ nyea? Aƒetɔ nyea?”

23Yesu ɖo eŋu na wo be, “Ame si de asi nuɖugba me kplim lae le dɔ sia wɔ ge. 24Ele nam be maku abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxo ene. Gake baba na ame si adem asi. Le nyateƒe me la, nenye be womegaxa dzii o la anyo nɛ wu sa.”

25Ke azɔ la, Yuda hã bia Yesu be, “Nufiala, nyee le nu sia wɔ gea?” Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nɔvi, wò tututue le dɔ sia wɔ ge.”

Aƒetɔ ƒe Nuɖuɖu Kɔkɔ ɖo ɖo anyi

(Marko 14:22-26; Luka 22:15-20)

26Esi wonɔ nua ɖum la, Yesu tsɔ abolo ɖe asi. Edo gbe ɖa ɖe aboloa ta eye womae na wo be woaɖu. Esi wòtsɔ aboloa na wo be woaɖu la, egblɔ be, “Mixɔe ɖu. Esiae nye nye ŋutilã.”

27Emegbe la etsɔ wain kplu la hã ɖe asi, do gbe ɖa ɖe eta eye wotsɔe na wo be woano. Egagblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Mi katã mixɔe no, 28esia nye nye ʋu si wotsɔ tre nubabla yeyea nui. Wokɔe ɖi be ame geɖe nakpɔ nu vɔ̃ tsɔtsɔke to eme.” 29Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena, “Medi be mianya nyuie bena, nyemegale wain sia no ge akpɔ o, va se ɖe esi me nye kple miawo miaganoe yeyee le fofonye ƒe Fiaɖuƒe la me.”

30Esi Yesu ƒo nu vɔ la, wo katã wodzi ha ɖeka eye wodo go heɖo ta amitito la dzi.

Yesu gblɔ nya ɖi tso Petro ƒe nugbegbe le egbɔ ŋuti

(Marko 14:27-31; Luka 22:31-34; Yohanes 13:36-38)

31Azɔ Yesu gblɔ na wo be, “Le egbe ƒe zã sia me la, mi katã mia kaka le ŋunye. Elabena woŋlɔe ɖe mawunya me bena, ‘Mele alẽkplɔla la wu ge eye alẽawo katã akaka gbẽe.’ 32Gake ne megagbɔ agbe la, mayi ɖe Galilea eye mado go mi le afi ma.”

33Petro tɔ asi akɔ gblɔ nɛ be, “Ne ame sia ame ka hlẽ le ŋuwò hã la, nye ya nyemadzo le gbɔwò gbeɖegbeɖe o.” 34Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, le nyateƒe me la, kasia ne koklo naku atɔ le fɔŋli me la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”

35Petro gaɖo eŋu kple kakaɖedzi be, “Ke ɖeko maku hafi agbe nu le gbɔwò” Azɔ nusrɔ̃la bubuawo katã hã gblɔ nenema.

Le Getsemane

(Marko 14:32-42; Luka 22:39-46)

36Ke Yesu kplɔ wo yi ɖe abɔ aɖe si woyɔna be Getsemane la me eye wògblɔ na wo be woabɔbɔ nɔ anyi alala ye vie. Esi wonɔ elalam la, ezɔ yi ŋgɔ vie be yeado gbe ɖa. 37Ekplɔ Petro kple Zebedeo vi eveawo siwo nye Yohanes kple yakobo la ɖe asi. Esi wova ɖo teƒea la eƒe lãme gbɔdzɔ eye wòlé blanui.

38Ale wògblɔ na wo bena, “Nye lãme gbɔdzɔ ŋutɔ eye nye dzi le nu xam heyi ku me ke, eya ta minɔ afi sia eye mianɔ ŋudzɔ kplim.”

39Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, edze klo eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe kplu sia ɖa le dzinye. Ke na be nu si ke nye wò lɔlɔ̃ nu la nava eme ke menye nu si medi la o.”

40Yesu trɔ va nusrɔ̃la etɔ̃awo gbɔ kasia, ekpɔ be wonɔ alɔ̃ dɔm bɔkɔɔ. Eyɔ Petro eye wòbiae se bena, “Ke miate ŋu anɔ ŋu kplim gaƒoƒo ɖeka pɛ oa? 41Minɔ ŋudzɔ eye mido gbe ɖa, nemenye nenema o la, tetekpɔ aɖu mia dzi. Elabena gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”

42Yesu gagblẽ nusrɔ̃la etɔ̃awo ɖi heyi ɖado gbe ɖa ake be, “Fofo, nenye be ele be mano kplu sia kokoko la, ekema mawɔ wò lɔlɔ̃ nu.”

43Esi wògatrɔ va la ekpɔ nusrɔ̃lawo woganɔ alɔ̃ dɔm ko elabena alɔ̃ bla woƒe ŋkuwo. 44Etrɔ le wo gbɔ gayi ɖado gbe ɖa zi etɔ̃lia.

45Azɔ etrɔ va nusrɔ̃lawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Miate ŋu adɔ alɔ̃ azɔ fãa eye mia dzudzɔ mia ɖokuiwo. Gake nɔviwo, ɣeyiɣi la de be woadem asi na nu vɔ̃ wɔlawo. 46Mitso míadze mɔ. Mikpɔ ɖa, ame si le denye ge asi la enye ma gbɔna.”

Yesu dede asi kple eléle

(Marko 14:43-50; Luka 22:47-53; Yohanes 18:3-12)

47Esi wònɔ nua ƒom la Yuda ame si nye nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka la enye ekem le ŋgɔ na ameha gã aɖe eye wozɔ gbɔna. Ameha siawo nye amedɔdɔwo tso Yudatɔwo ƒe Osɔfowo kple dumemegãwo gbɔ, eye wolé yiwo kple kpowo ɖe asi gbɔna. 48Yuda gblɔ na wo do ŋgɔ be ame si dim wole la enye ame si yeado gbe na eye yeagbugbɔ nu na la. 49Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ.

50Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, yi wò dɔ si ta nèva ɖo la dzi.” Kasia, amewo lũ ɖe Yesu dzi eye wolée.

51Enumake Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka ɖe eƒe yi le aku me eye wòkpa to na Yudatɔwo ƒe osɔfogã ƒe subɔvi ɖeka.

52Ke Yesu gblɔ nɛ be, “Megawɔ wò yi ŋudɔ o, tsɔe de aku me, elabena ame siwo wɔa yi ŋudɔ la, hã kpɔa ku le yi nu. 53Alo menya be mate ŋu abia Fofonye eye wòana mawudɔla akpeakpewo mí be woadzɔ mía ŋu oa? 54Ke ne mewɔ nenema ɖe ale ke nya siwo woŋlɔ da ɖi le mawunya me siwo le dzɔdzɔm fifia hã la awɔ hafi ava eme?”

55Azɔ Yesu trɔ ɖe amehawo gbɔ ƒo nu na wo be, “Nu vɔ̃ wɔla kple hlɔ̃dola menye hafi mietsɔ yiwo kple kpowo ɖe asi va be yewoalém hã? Menɔ mia dome, gblɔ nya le miaƒe gbedoxɔ me gbe sia gbe, ke miete ŋu wɔ naneke o. 56Nyateƒe nu siawo katã le dzɔdzɔm tututu abe ale si nyagblɔɖilawo ŋlɔe da ɖi le mawunya la me ene.”

Le Sanhedrin ƒe ŋkume

(Marko 14:53-65; Luka 22:54-55, 63-71; Yohanes 18:13-14, 19-24)

57Ameha la kplɔ Yesu yi ɖe Osɔfogã Kayafa ƒe aƒeme, afi si Yudatɔwo ƒe osɔfowo katã va ƒo ƒu ɖo la. 58Petro hã dze ameawo yome ɖɔɖɔɖɔ va Osɔfogãwo ƒe aƒea me eye wòyi ɖanɔ asrafoawo dome be yeakpɔ nu si adzɔ ɖe Yesu dzi ɖa.

59Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo kple dumegãwo kpe ta ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒegã la henɔ vodada si dzi woatsi tre ɖo atso kufia nɛ la dim. 60Gake womekpɔ ɖeke o, togbɔ be ame geɖewo lɔ̃ ɖi aʋatsoɖase le eŋu hã. 61Le nuwuwu la ame eve va gblɔ be, “Ame sia gblɔ be, ‘mate ŋu agba Mawu ƒe gbedoxɔ sia agatui le ŋkeke etɔ̃ megbe.’”

62Enumake Yudatɔwo ƒe Osɔfogã la tsi tre hebia Yesu be, “Alekee, nuɖeɖe aɖe le asiwo le nya sia ŋua?” 63Ke Yesu meke nu o.

Osɔfogã la yi edzi gblɔ nɛ be, “Meta Mawu gbagbe la, nenye wòe nye Mesia, Mawu Vi la la, ekema gblɔe mise fifia.”

64Azɔ Yesu ɖo eŋu gblɔ be, “Ẽ, nye tututue, eye madidi o la, miakpɔ nye Amegbetɔ Vi la mabɔbɔ nɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye matrɔ agbɔ va le dziƒo lilikpowo me.”

65Eƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe Osɔfogã la ale woƒu asi akɔta gblɔ bena, “Mise ɖa, ame sia gblɔ busunya, megahiã be ame bubu aɖeke naɖi ɖase o, mí katã míese eƒe numegbe xoxo. 66Nu kae nye miaƒe nyametsotso?” Ameha gã la do ɣli be, “Edze na ku, ele be woawui!”

67Azɔ amewo ƒu du ɖe edzi, ɖe ta ɖe eŋu eye ɖewo tu kɔe to megbe hegblɔ nɛ be, 68“Ne wòe nye Mesia la la, ekema tɔ asi ame si ƒo wò to megbe la dzi ne míakpɔ.”

Petro gbe nu le Yesu gbɔ

(Marko 14:66-72; Luka 22:56-62; Yohanes 18:15-18, 25-27)

69Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Petro ganɔ amehawo dome le xexe. Nyɔnuvi dzaa aɖe te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena, “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la yome.”

70Ke Petro sẽ nu le wo katã ŋkume, “Nye menya naneke le nu si gblɔm nèle la ŋu o.”

71Emegbe la Petro do ɖe agboa nu eye nyɔnuvi bubu aɖe hã gakpɔ Petro le amehawo dome, eye wògblɔ na ame siwo le afi ma be, “Ame sia hã nɔ Yesu Nazaretitɔ ƒe nusrɔ̃lawo dome.”

72Azɔ Petro ka atam be, “Nye menya ŋutsu la le afi aɖeke kura kpɔ o!”

73Ke eteƒe medidi o la, ame siwo tsi tre ɖe afi ma la te ɖe Petro ŋu gblɔ nɛ be, “Nɔvi, míenya be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye, wò nuƒo hã sɔ kple Galileatɔwo tɔ pɛpɛpɛ.”

74Azɔ Petro do ɣli. Eka atam gblɔ be, “Ne menya ame sia tututu la, ekema nane nedzɔ ɖe dzinye.”

Kasia Petro naɖe nu le nyaa me la, koklo ku atɔ “kɔkɔliakɔe.”
75Enumake Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ nɛ be, “Hafi koklo naku atɔ la agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃” la dzi. Ale wòtrɔ dzo eye wofa avi vevie.

Copyright information for EweBEE